Mark 13:14-19

Xaxa gã la

(Mateo 24:15-28; Luka 21:20-24)

14“Nenye be miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea aƒedo’ vanɛ wòle tsitre ɖe gbedoxɔa me, afi si mele be wòanɔ o la, abe ale si nyagblɔɖila David gblɔe ene la, nɔvi nuxlẽla se egɔme. Mele egblɔm na wo be, si enumake ne àte ŋui. Ame siwo le Yudea la nasi ayi gbɛwo dzi. 15Ame si le eƒe xɔta la naga ɖi va anyi alo age ɖe eƒe xɔme be yeatsɔ naneke o. 16Ame si le agble me la nagatrɔ va tsɔ eƒe awu o.

17“Le nyateƒe me la, baba na ame siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me, kple ame siwo si vi nonowo le. 18Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi nagadze vuvɔŋli me o. 19Elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi medzɔ kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexeame va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi magadzɔ kpɔ hã le ɣeaɖekeɣi le esia megbe o.
Copyright information for EweBEE